1 Corinthians 1

1Agbalẽ sia tso nye, Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo, si woyɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me la kple nɔvi Sostenes gbɔ 2na Mawu ƒe hame si le Korinto, ame siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me eye woyɔ wo be woanɔ Kɔkɔe la kpakple ame siwo katã le xexeame godoo xɔ mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi se abe wo ƒe Aƒetɔ kple mía Aƒetɔ ene.

3Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo nayra mi eye wòana be miakpɔ ŋutifafa le miaƒe dziwo kple tamesusuwo me.

Akpedada

4Mele akpedada dzi ɖaa na Mawu le nunana tɔxɛ siwo wòna mi le esime miezu kristotɔ azɔ la ta. 5Ena be miaƒe agbanɔnɔ de blibo eye nu sia nu su mia si azɔ. Ena ŋusẽ mi be miate ŋu aƒo nu kple dzideƒo le Yesu Kristo ŋuti eye wòna be miake ɖe nu si nye nyateƒe la ŋu azɔ. 6Nu si megblɔ be Yesu Kristo awɔ na mi la va eme pɛpɛpɛ abe ale si megblɔe ene. 7Azɔ la, Mawu ƒe amenuveve manyagblɔ kple eƒe yayra su mia si. Le ɣeyiɣi sia me, esime miele mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava zi evelia lalam la, Mawu na gbɔgbɔmenunana vovovowo kple ŋusẽ tɔxɛ, si ana be miate ŋu anɔ eƒe lɔlɔ̃nu wɔm la mi. 8Hekpe ɖe esia ŋu la, Mawu do ŋugbe be, tso fifia va se ɖe nuwuwu la, ame aɖeke makpɔ nu vɔ̃ aɖeke le mia ŋu o eye womabu fɔ mi le ŋkeke si dzi Aƒetɔ Yesu Kristo agatrɔ ava la dzi o. 9Kakaɖedzi blibo le asinye be Mawu awɔ esia na mi elabena medana le eƒe ŋugbedodo dzi gbeɖe o. Gawu la Mawu ŋutɔe yɔ mi be miava zu Yesu Kristo xɔlɔ̃wo.

Mana le Hamea me

10Nɔviwo, metsɔ Aƒetɔ Yesu Kristo le Kuku ɖem na mi be miadzɔdzɔ nyahehe vivivo le mia nɔewo dome. Mina nusɔsɔ blibo nanɔ mia me ale be mama kukluiwo nagava mia dome o. Meɖe kuku na mi be miawɔ ɖeka le susu kple ɖoɖowo wɔwɔ me. 11Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, mia nɔvi siwo le Aƒetɔ Kloe ƒe aƒeme la dometɔ aɖewo fi tofi nam be, nyahehe kple dzre sɔŋ ko dzi miele. 12Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, yewo la Paulo yomedzelawo yewonye; bubuwo be Apoloe nye yewoƒe amegã. Ame aɖewo hã be Petro ƒe amewo yowonye, gawu la ame aɖewo hã be yewo koe nye Yesu Kristo yomedzela vavãwo.

13Miaƒe nuwɔna sia na wòle dzedzem abe ɖe Kristo ma ɖe akpa vovovowo me ene. Ke medi be mabia mi se be, nye Pauloe ku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta hã? Alo wode mawutsi ta na mia dometɔ aɖe le nye ŋkɔ dzia? 14Edzɔ dzi nam ŋutɔ eye meda akpe na Mawu vevie be Krispo kple Gayo ɖeɖe koe nye ame siwo nye ŋutɔ mede mawutsi ta na le mia dome. 15Eya ta fifia la, ame aɖeke mate ŋu agblɔ be mehe nu yeye aɖeke vɛ alo be mele nye ŋutɔ nye ha yeye tɔxɛ aɖe ɖom o.

16Ẽ, meɖo ŋku edzi be mede mawutsi ta na Stefano kple eƒe aƒemetɔwo hã. Le woawo megbe la, nyemegade mawutsi ta na ame bubu aɖeke kura o. 17Elabena Yesu Kristo meɖom ɖa be mava de mawutsi ta na amewo o ke boŋ be magblɔ nyanyui la. Ke hã la nye nyagblɔgblɔ la meɖea kpe tututu o elabena ne mele mawunya gblɔm la, nyemeɖea ami ɖe nye nyawo o, elabena nyemedi be matɔtɔ ŋusẽ blibo si le Yesu ƒe atitsogaŋunya la me kple amegbetɔwo ƒe nunya o.

Kristo Mawu ƒe nunya kple ŋusẽ

18Menya nyuie be ne ame siwo le mɔ tram eye wole bubum la se be Yesu ku be yeaɖe wo la, aɖi bometsinya na wo. Ke nya sia nye Mawu ƒe ŋusẽ na mí ame siwo kpɔ ɖeɖe. 19Elabena Mawu ŋutɔ gblɔ be, “Magblẽ amegbetɔwo ƒe ɖoɖo siwo katã wòwɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ la me, ale ke ke nyasa anɔ emaa hã eye maŋe aɖaba aƒu woƒe susuwo keŋ dzi.”

20Ekema ale ke wòanɔ na xexemegbalẽnyala gãwo kple nunyala gãwo katã? Mawu na wo katã wodze abe bometsilawo kple numanyalawo ene. 21Elabena, to nunya me la Mawu wɔe be xexeametɔwo mate ŋu ake ɖe Mawu ŋu gbeɖe to woawo ŋutɔ ƒe nunya alo ŋusẽ me o. Ke boŋ esi ɣeyiɣia de tututu ko la Mawu ŋutɔ na bena ame siwo katã xɔ eƒe nyanyui, si xexeametɔwo ya buna be enye bometsinya la dzi se la, kpɔ ɖeɖe. 22Yudatɔwo dia nukunu kple dzesiwo, eye Griktɔwo dia xexemenunya, 23ke míawo ya míeɖea gbeƒã Kristo ame si woklã ɖe ati ŋuti, nu si nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinya na Helatɔwo, 24ke hena ame siwo Mawu yɔ la, Yudatɔwo kple Griktɔwo siaa la, Kristoe nye Mawu ƒe ŋusẽ kple nunya. 25Elabena Mawu ƒe bometsinya xɔ asi wu amewo ƒe nunya eye Mawu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sesẽ wu amewo ƒe ŋusẽ.

26Nɔviwo, ne mielé ŋku ɖe mia nɔewo dome la, miakpɔe be mí ame siwo le Kristo yome la, dometɔ ʋee aɖewo koe nye amegãwo alo ame ŋkutatɔwo. 27Ke boŋ Mawu ɖe wòɖoe hetia ame siwo ŋu bubu mele o la be to wo dzi la, yeado ŋukpe xexemenunyala gãwo kple amegã siwo ŋu bubu le. 28Ɖoɖo si xexemetɔwo mebu ɖe naneke me o ke boŋ wodo vloe la, eya dzie Mawu to heɖi gbɔ̃ xexemetɔwo ƒe ɖoɖo gãwo 29eye le esia ta ame aɖeke mate ŋu atɔ asi akɔ le Mawu ƒe ŋkume be yenye nane o.

30Elabena miaƒe agbe tso Mawu ɖeka hɔ̃ gbɔ to Yesu Kristo dzi. Yesue fia Mawu ƒe ɖoɖo si wòwɔ na mía ɖeɖe la mí. Eya kee wɔ mí míedze Mawu ŋu. Ewɔ mí míezu ame dzadzɛwo kple ame kɔkɔewo, eye wòtsɔ eɖokui na be yeaɖe mí tso nu vɔ̃ ƒe kluvinyenye me. 31Mawunya ŋutɔ gblɔe be, “Ne ame aɖe di be yeaƒo adegbe la ekema neƒo adegbe le nu si Mawu wɔ la ɖeɖe ko ŋu.”

Copyright information for EweBEE